2 Kings 15:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale nya si Yehowa gblɔ na Yehu be, “Wò dzidzimeviwo aɖu fia va se ɖe dzidzime enelia dzi” la va eme.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esia nye nya, si Yehowa gblɔ na Yehu bena: Viwòwo anɔ Israel-fiazikpui la dzi vaseɖe dzidzime enelia dzi: eye nenema wòva mee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esia nye ŋugbe si Aƒetɔ do na Yehu be: “Viwòwo anɔ Israel-fiazikpui la dzi va se ɖe dzidzime enelia dzi.” Eva eme nenema pɛ.