2 Kings 15:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Pul, Asiria fia ho aʋa ɖe Israel ŋu eye Menahem tsɔ klosaloga kilogram akpe blaetɔ̃ vɔ ade nɛ be wòakpe ɖe ye ŋu fiaɖuƒe la nanɔ ye si.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eŋɔli Asur-fia Pul va dze anyigba la dzi, eye Menaxem tsa klosalo talento akpe ɖeka na Pul, be woakpe ɖe ye ŋu, ne fiaɖuɖu la nali ke ɖe ye si me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Asiria-fia Pul va dze anyigba la dzi. Menaxem tsɔ klosalo kilo akpe bla etɔ̃ vɔ ene na Pul be wòade ye dzi ne fiaɖuɖu la nali ke ɖe ye si me.