2 Kings 15:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Menahem xɔ ga sia le Israelviwo si sesẽtɔe. Ele na hotsuitɔ ɖe sia ɖe be wòana klosaloga kilogram afã be woatsɔ ana Asiria fia. Ale Asiria fia dzudzɔ aʋa la hoho ɖe eŋu eye wòdzo le anyigba la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Menaxem dzo ga le Israel tso aʋawolawo katã si, be ŋutsu sia ŋutsu natsɔ klosalo sekel blaatɔ̃ na Asur-fia. Ale Asur-fia gbugbɔ, eye metsi anyigba la dzi afima o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Menaxem dzɔ ga la le Israel. Edzɔe le ame siwo katã kpɔ ga la si. Ame sia ame dzɔ klosaloga bla etɔ̃ wòtsɔ na Asiria-fia la. Ale Asiria-fia la trɔ dzo; metɔ ɖe anyigba la dzi o.