2 Kings 15:29 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eƒe fiaɖuɣi mee Asiria fia, Tiglat Pilser, ame si wogayɔna be Pul la ho aʋa ɖe Israel ŋu. Du siwo dzi wòɖu la woe nye Iyɔn, Abel Bet Maka, Yanoa, Kedes kple Hazor. Exɔ Gilead kple Galilea hã hekpe ɖe Naftalinyigba blibo la ŋu. Eɖe aboyo amewo yi Asiria.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le Israel-fia Pekax ŋɔli la Asur-fia Tiglat-Pileser va, eye wòxɔ Yion, Abel-Bet-Maaxa, Yanoax, Kedes, Xazor, Gilead kple Galilea, si nye Naftali-nyigba blibo la, eye wòkplɔ wo yi Asur.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le Israel-fia Pekax ƒe ɣeyiɣi me la, Asiria-fia Tiglat-Pileser va si Yion, Abel-Bet-Maaxa, Yanoax, Kedes, Xazor, Gilead kple Galilea, Naftali-nyigba bliboa, eye wòɖe aboyo ameawo yi Asiria.