2 Kings 15:30 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Hosea, Ela ƒe vi ɖo nugbe ɖe Peka ŋu eye wòwui, ale Hosea zu fia yeye la. Israel fia yeye lae nye Hosea. Eɖu fia le Israel le esime Yotam, Uzia ƒe vi ɖu fia ƒe blaeve le Yuda.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Xosea, Ela vi, ɖo nugbe ɖe Pekax, Remalya vi la ŋu, eye wòwui hezu fia ɖe eteƒe le Yotam, Uziya vi ƒe ƒe blavelia me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Xosea, Ela vi ɖo nugbe ɖe Pekax, Remalya vi la ŋu. Exlã nu ɖee ƒu anyi hewui, eye wòzu fia ɖe eteƒe le Yotam, Uziya vi ƒe ƒè bla evelia me.