2 Kings 15:35 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Megbã nuxeƒewo le toawo dzi o, ale ameawo gasaa vɔ eye wogadoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma kokoko. Yotam gbugbɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe Dzigbegbo la tu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Negbe nuxeƒewo ko womeɖe ɖa o, eye dukɔ la gasa vɔ hedo dzudzɔ le nuxeƒewo. Eyae de dzigbegbo le Yehowa ƒe aƒe la nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Negbe ɖeko womeɖe nuxeƒewo ɖa o; dukɔ la gasaa vɔ, eye wotɔa dzo lifi le nuxeƒeawo. Eyae de Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe dzigbegbo la.