2 Kings 18:32 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
va se ɖe esime mava akplɔ mi ayi anyigba si ɖi mia tɔ la dzi, anyigba si dzi bli kple wain yeye le, afi si abolo bɔ ɖo eye waingblewo le, afi si amitiwo kple anyitsi le. Mitia agbe, ke menye ku o! “Migaɖo to Hezekia o, elabena ele mia flum ne egblɔ be, ‘Yehowa axɔ na mí.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
vaseɖe esime mava, eye makplɔ mi ayi anyigba, si le abe mía ta ene la dzi, anyigba, si dzi bli, wein kple abolo, weingblewo, amitiwo kple anyitsi le, ne miano agbe, eye miaku o. Migado to Xizkiya o! Mia blem wòle le gbɔgblɔm be: Yehowa aɖe mí!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
va se ɖe esime mava, akplɔ mi adzoe ayi anyigba, si le abe mia tɔ ene la dzi. Anyigba si dzi bli kple wain, abolo kple waingblewo, amitiwo kple anyitsi le, ne mianɔ agbe, eye miaku o.