2 Kings 19:25 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Mèsee do ŋgɔ oa? Megblɔ nu sia da ɖi tso blema ke. Mewɔ ɖoɖo ɖe eŋu tso gbe aɖe gbe ʋĩi; ke azɔ la, mena wòva eme be, du siwo ŋu woɖo gli sesẽwo ɖo la zu anyiglago.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mesee kpɔ be, metre ewɔwɔ tso tititi ke, eye meɖoe tso gbaɖegbe ke oa? Azɔ mena wòva me, be wogblẽ du sesẽwo wòzu glikpo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Mèsee kpɔ be meɖo kpe edzi tso blema ke oa? Nu si mena wòdzɔ fifia la, mewɔ ɖoɖo ɖe eŋu xoxoxo be nàtrɔ du sesẽwo woazu glikpo,