2 Kings 2:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eliya ɖo eŋu be, “Èbia nu sesẽ, ke hã la, ne àkpɔm esime woakɔm adzoe le gbɔwò la, ava eme na wò, ke ne mele alea o la, mava eme na wò o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eɖo ŋu bena Ebia nu sesẽ. Ne èkpɔ be, wotsɔm dzoe le gbɔwò la, ekema ava me na wò; ke ne mele alea o la, ekema mava me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eliya gblɔ be: “Nu si nèbia la sesẽ. Gake ne èkpɔ wokɔm le gbɔwò yinae la, ekema ava eme na wò, ke ne mèkpɔe o la, mava eme na wò o.”