2 Kings 2:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Etsɔ awu si ge le Eliya ŋu la ƒo tsi la dzi. Ebia be, “Afi ka Yehowa, Eliya ƒe Mawu la le azɔ?” Esi wòƒo tsia dzi la, tɔsisi la ma ɖe ɖusime kple miame siaa eye wòtso tɔsisi la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete wòtsɔ Eliya ƒe awu ʋlaya, si ge le eŋu la, ƒo tsi la dzi hegblɔ bena: Afika Yehowa, Eliya ƒe Mawu la le? Eya hã ƒo tsi la dzi, eye wòmã ɖe akpa eve; eye Elisa ɖi go ɖe egodo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Etsɔ Eliya ƒe awu ʋlaya la ƒo tsia dzi, eye wògblɔ be: “Afi ka Aƒetɔ, Eliya ƒe Mawu la le? Eyama ɖe?” Egaƒo tsia dzi eye tsia ma ɖe eve, eye wòtso tɔa.