2 Kings 2:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wogblɔ nɛ be, “Amegã, ɖe gbe na mí ko, ekema míaƒe duƒula nyuitɔwo dometɔ blaatɔ̃ ayi gbedzi aɖadi wò amegã; ɖewohĩ Yehowa ƒe gbɔgbɔ gblẽe ɖe to aɖe dzi loo alo gblẽe ɖe balime le afi aɖe.” Ke Elisa ɖo eŋu be, “Ao, migaɖe fu na mia ɖokuiwo o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wogblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, ŋutsu kalẽtɔ blaatɔ̃ le wò dɔlawo dome, na wòayi ɖadi wò aƒetɔ, ɖewohĩ Yehowa ƒe Gbɔgbɔ tsɔe yi ɖaxlã ɖe toawo dometɔ ɖeka dzi alo baliawo dometɔ ɖeka me. Ke eɖo ŋu bena: Migadɔ ame ɖa o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eye wogblɔ be: “Kpɔ ɖa, mí wò dɔla kalẽtɔ bla atɔ̃ míele afii. Taflatsɛ, ɖe mɔ na mí míaɖadi wò aƒetɔ la. Ðewohĩ Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ tsɔe ɖaxlã ɖe to aɖe dzi, alo bali aɖe me.” Ke Elisa gblɔ na wo be: “Gbeɖe, migadɔ ame ɖa o.”