2 Kings 2:23 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Elisa tso Yeriko yi Betel. Esi wònɔ zɔzɔm le mɔa dzi la, ŋutsuvi sue aɖewo tso dua me va nɔ fewu ɖum le eŋu be, “Dzo le afi sia, Elisa tabebetɔ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòdzo tso afima heyi Betel. Esi wòle mɔ dzi le to liam la, ŋutsuvi suea ɖewo ɖo tso dua me, eye wole alɔme ɖem le eŋu le gbɔgblɔm bena: Tabebetɔ, lia va, tabebetɔ, lia va!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ Elisa dzo le Yerixo ɖo ta Betel. Esi wòyina la, ŋutsuvi sue aɖewo do tso dua me le alɔ me ɖem le eŋu be: “Tabebetɔ, lia toa nàdzo yi! Tabebetɔ, lia toa nàdzo yi!”