2 Kings 2:24 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Elisa trɔ kpɔ wo eye wòƒo fi de wo le Yehowa ƒe ŋkɔ me. Enumake sisiblisinɔ eve do go tso ave aɖe me va vuvu wo ame blaene-vɔ-eve.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wònyè kɔ kpɔ wo la, eƒo fi de wo le Yehowa ƒe ŋkɔ me; tete sisiblisi eve do tso ave me va vuvu ɖevi blane vɔ eve le wo dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elisa nyè kɔ kpɔ wo le megbe, eye wòƒo fi de wo le Aƒetɔ ŋkɔ me. Tete sisiblisinɔ eve do tso ave me va vuvu ɖevi bla ene vɔ eve le wo dome ʋayaʋaya.