2 Kings 20:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le ɣe ma ɣi la, Marduk Baladan, si nye Babilonia fia Baladan ƒe vi la dɔ amewo ɖa be woatsɔ nunana ayi na Hezekia elabena ese be edze dɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɣemaɣi Babel-fia Berodax-Baladan, Baladan vi, ɖo agbalẽ kple nunanawo ɖe Xizkiya, elabena ese be, Xizkiya lé dɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Xemaɣi la, Babilon-fia, Merodax-Baladan, Baladan vi ɖo amedɔdɔwo, agbalẽ kple nunana ɖe Xizkiya, elabe ese be Xizkiya nɔ dɔ lém.