2 Kings 20:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Hezekia xɔ wo nyuie eye wòtsɔ eƒe kesinɔnuwo katã fia wo. Kesinɔnu siawoe nye klosalo, sika, atikeʋeʋĩ, ami xɔasiwo kple aʋawɔnuwo. Naneke mele fiasã la alo dukɔ la me esi Hezekia metsɔ fia wo o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Xizkiya ɖo to wo, eye wòfia eƒe kesinɔnuxɔwo katã, klosalo kple sika, atike ʋeʋẽe kple ami xɔasi kple aʋawɔnuxɔ kpakple nusiwo katã le eƒe kesinɔnuwo me la wo, naneke meli, si Xizkiya metsɔ fia wo le eƒe aƒe kple eƒe fiaɖuƒe blibo la me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Xizkiya xɔ wo; efia eƒe nudzraɖoƒe katã wo. Efia klosalo, sika, atike ʋeʋẽe, ami xɔasi, eƒe aʋawɔnuxɔ, nu siwo katã woakpɔ le eƒe nudzraɖoƒe la ko; naneke meli si Xizkiya meɖe fia le eƒe aƒe kple fiaɖuƒe blibo la me o.