2 Kings 20:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋkekewo li gbɔna, esiwo me nu sia nu si le wò fiasã me, kpe ɖe nu siwo katã fofowòwo dzra ɖo ŋu la, woalɔ wo katã ayi ɖe Babilonia. Naneke masusɔ o. Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpɔ ɖa, ŋkekewo gbɔna, esime wòala nusiwo katã le aƒewò me kple nusiwo fofowòwo tu ɖo vaseɖe egbe la, ayi Babel, naneke makpɔtɔ o; Yehowa gblɔe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
‘Kpɔ ɖa, ŋkekewo gbɔna, esime woalɔ nu siawo katã le aƒewò me kple esiwo katã tɔgbuiwòwo ƒo ƒu da ɖi va se ɖe egbe la ayi Babilon. Womagblẽ ɖeke ɖi o, Aƒetɔ lae gblɔe.