2 Kings 20:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Trɔ nàyi ɖagblɔ na Hezekia, nye dukɔ ƒe kplɔla be, ‘Ale Yehowa, fofowò David ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mese wò gbedodoɖa eye mekpɔ wò aɖatsiwo. Mayɔ dɔ wò. Ŋkeke etɔ̃ tso egbe sia dzi la, àyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Gbugbɔ yi ɖagblɔ na nye dukɔ ƒe amegã Xizkiya bena: Ale Yehowa, fofowò Dawid ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mese wò gbedodoɖa, eye mekpɔ wò aɖatsiwo, kpɔ ɖa, mayɔ dɔ wò, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la ayi Yehowa ƒe me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Trɔ yi naɖagblɔ na Xizkiya, nye dukɔ ƒe amegã be: Aƒetɔ, tɔgbuiwò David ƒe Mawu la be: Mese wò gbedodoɖa, mekpɔ wò aɖatsiwo; kpɔ ɖa, mada gbe le ŋuwò. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, àyi Aƒetɔ ƒeme.