2 Kings 21:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Esi Fia Manase wɔ nu vɔ̃ siawo eye wòvɔ̃ɖi wu Amoritɔwo, ame siwo nɔ anyigba la dzi tsã eye esi wòkplɔ Yuda de legbasubɔsubɔ me ta la,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Yuda-fia Manase wɔ ŋunyɔnu sia, eye wòwɔ nu gbegblẽ wu nusiwo katã Amoritɔwo wɔ le eŋgɔ, eye wòtsɔ eƒe legbawo ble Yuda hã de nuvɔ̃ me la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Esi Yuda-fia Manase wɔ ŋunyɔnu siawo, eye wòwɔ nuvɔ̃ɖi geɖe wu esiwo katã Amoritɔ siwo do ŋgɔ nɛ la wɔ, eye wòna Yuda hã wɔ nuvɔ̃ kple eƒe legbawo ta la,