2 Kings 21:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Hekpe ɖe legbasubɔsubɔ si Yehowa lé fui, subɔsubɔ si me Manase he ameawo dee ŋu la, Manase wu ame maɖifɔ geɖewo eye ame siwo wòwu la ƒe kukuawo xɔ Yerusalem ƒe akpa sia akpa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Manase kɔ ʋu maɖifɔ geɖe ŋutɔ hã ɖi, vaseɖe esime wona Yerusalem yɔ tso go ɖeka me vaseɖe go keme me hekpe ɖe eƒe nuvɔ̃, siwo wotsɔ ble Yuda wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me la ŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gawu la, Manase kɔ ʋu maɖifɔ geɖe ɖi woyɔ Yerusalem tso go ɖeka dzi va se ɖe bubu dzi, hekpe ɖe nuvɔ̃ si wòna Yuda wɔ la ŋu ale be wowɔ nu si vɔ̃ɖi la le Aƒetɔ ŋkume.