2 Kings 21:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eye nyemana Israel ƒe afɔ nage le anyigba si metsɔ na wo fofowo la dzi o, nenye be wolé se siwo katã mede na wo kple se siwo katã nye dɔla Mose de na wo la me ɖe asi, eye wowɔ wo dzi ko.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nyemena Israel ƒe afɔ nage le anyigba, si metsɔ na wo fofowo la dzi o, nenye be, wòlé se, siwo katã mede na wo kple se, siwo katã nye dɔla Mose de na wo la me ɖe asi, eye wowɔ wo dzi ko
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
nyemagaɖe mɔ na Israel ƒe aƒe azɔ be woatsa ado go le anyigba si metsɔ na wo tɔgbuiwo la dzi o, nenye be wokpɔ nyuie wɔ se kple ɖoɖo siwo katã mede na wo, eye wowɔ se kple ɖoɖo siwo katã nye dɔla Mose de na wo la dzi.”