2 Kings 22:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Miyi miabia Yehowa nam kple ameawo kple Yuda blibo la tso nu siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ si wofɔ la ŋuti. Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu elabena mía fofowo mewɔ ɖe agbalẽ sia me nyawo dzi o; womezɔ ɖe nu siwo katã woŋlɔ tso mía ŋu ɖe agbalẽ sia me la nu o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Miyi ɖabia nu Yehowa ɖe tanye kple ɖe dukɔ la kpakple Yuda blibo la ta le agbalẽ, si wòfɔ lãme nyawo ŋuti; elabena Yehowa ƒe dɔmedzoe, si wòdo de mía ŋuti la, nu sẽ, elabena mia fofowo meɖo to agbalẽ sia me nyawo, ne woawɔ nusiwo katã woŋlɔ ɖe eme la dzi o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Miyi ɖabia gbe Aƒetɔ na nye kple dukɔ la kpakple Yuda katã ku ɖe agbalẽ si wofɔ la ƒe nyawo ŋuti. Elabe Aƒetɔ do dɔmedzoe gã ŋutɔ ɖe mía ŋu, elabe mía tɔgbuiwo meɖo to agbalẽ sia ƒe nyawo ne woawɔ ɖe nu siwo woŋlɔ ɖe eme, woka mi la dzi o.”