2 Kings 22:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke esi miaƒe nu vɔ̃wo ve mi eye miebɔbɔ mia ɖokui le Yehowa ŋkume, esi miese nu si megblɔ tsɔ tsi tsitre ɖe teƒe sia kple eƒe amewo ŋu be woaƒo fi ade anyigba sia wòazu aƒedo, eye esi miedze miaƒe awuwo eye miefa avi le nye ŋkume le miaƒe nu vɔ̃wo ta la, maɖo to miaƒe kukuɖeɖe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye dzika tso ƒowò, eye nèbɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi le Yehowa ŋku me, le esi nèse nya, si megblɔ ɖe teƒe sia kple eme nɔlawo ŋu be, azu aƒedo kple ɖiŋudodo, eye nedze wò awuwo hefa avi le ŋkunye me la, nye hã mesee; Yehowa gblɔe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
esi nètrɔ dzime, eye nèbɔbɔ ɖokuiwò le Aƒetɔ ŋkume, esi nèse ale si megblɔ ɖe teƒe sia kple emenɔlawo ŋuti, be woazu aƒedo kple fiƒode, eye nèdze wò awuwo hefa avi le ŋkunye me ta la, nye hã mese wò nya, Aƒetɔ lae gblɔe.