2 Kings 22:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Na woatsɔ ga la na ame siwo wotia be woakpɔ gbedoxɔ la dzadzraɖo ƒe dɔwo dzi. Na ame siawo naxe fe na Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu dɔwɔlawo:
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woatsɔ wo na dɔnunɔla, siwo wotsɔ ɖo Yehowa ƒe aƒe la nu, eye woatsɔ wo na Yehowa ƒe aƒe la ŋu dɔwɔlawo, ne woaɖɔ xɔ la ƒe gbagbãƒewo ɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Na woatsɔe de asi na dɔnunɔla siwo le Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe dɔwo dzi kpɔm la, eye woawo natsɔe na dɔwɔla siwo le Aƒetɔ ƒe aƒe la dzram ɖo la.