2 Kings 22:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Safan, nuŋlɔla la yi fia la gbɔ hegblɔ nɛ be, “Wò dɔnunɔlawo tsɔ ga si le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la na dɔwɔlawo kple dɔdzikpɔlawo le gbedoxɔ la me.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye agbalẽŋlɔla Safan va fia la gbɔ, eye wòhe gbe vɛ na fia la gblɔ bena: Wò dɔlawo trɔ ga, si le aƒe la me, eye wotsɔe de asi na dɔnunɔla, siwo wotsɔ ɖo Yehowa ƒe aƒe la nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Agbalẽŋlɔla, Safan va fia la gbɔ xɔ gbe vɛ na fia la be: “Wò dɔlawo trɔ ga si wokpɔ le aƒe la me, eye wotsɔe de asi na dɔnunɔla siwo le Aƒetɔ ƒe aƒe la dzi kpɔm.”