2 Kings 23:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Fia la tsi tsitre ɖe sɔti la gbɔ le ameawo ŋkume. Eya kple ameawo ɖe adzɔgbe na Yehowa be yewoadze eyome, alé eƒe sewo, ɖaseɖiɖiwo, kple ɖoɖowo me ɖe asi kple dzi blibo kple luʋɔ blibo, eye yewoawɔ nubabla sia ƒe nya siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi; eye dukɔ blibo la bla nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye fia la tsi tre ɖe enɔƒe hebla nu le Yehowa ŋku me, be yeadze Yehowa yome, eye yealé eƒe sewo, ɖaseɖiɖiwo kple ɖoɖowo me ɖe asi tso dzi blibo kpakple luʋɔ blibo me, eye yeawɔ nubabla sia ƒe nya, siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi; eye dukɔ blibo la bia nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ fia la tsi tsitre ɖe enɔƒe le sɔti la gbɔ, eye wòbla nu kple Aƒetɔ be yeanɔ eyome, alé eƒe sewo, sededewo kple ɖoɖowo me ɖe asi tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me, eye yeawɔ nya siwo katã woŋlɔ ɖe nubabla ƒe agbalẽa me la dzi. Dukɔ blibo la lɔ̃ ɖe nubabla la dzi.