2 Kings 24:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Babiloniatɔwo lɔ kesinɔnuwo katã tso gbedoxɔ la kple fiasã la me hekpe ɖe sikagba siwo katã Israel fia, Solomo, da ɖe gbedoxɔ la me ŋu le Yehowa ƒe ɖoɖo nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòlɔ Yehowa ƒe me kesinɔnuwo katã kple fia ƒe me kesinɔnuwo katã tso afima, eye wògbã sikanu, siwo katã Israel-fia Salomo wɔ ɖe Yehowa ƒe xɔ la me, abe alesi Yehowa gblɔ ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elɔ kesinɔnu siwo katã le Aƒetɔ ƒe aƒe la me kple fiasã la me la dzoe, eye wògbã sikanu siwo katã Israel-fia Salomo wɔ ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la me la. Nebukadnezar wɔ esiawo katã le Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖi la nu.