2 Kings 24:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Fia Nebukadnezar ɖe aboyo ame akpe ewo (10,000) tso Yerusalem. Fiaŋumewo katã kple asrafo nyuitɔwo kple aɖaŋudɔwɔlawo kple nutala nyuitɔwo hã nɔ aboyomeawo dome. Ale ame siwo menya dɔwɔna aɖeke tututu o la ko wogblẽ ɖe anyigba la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eɖe aboyo Yerusalem blibo la kple amegãwo katã kpakple aʋawɔlawo katã, atikpalawo katã kple nutulawo. Aboyomeawo le ame akpe ewo, amea ɖeke mekpɔtɔ o, negbe dukɔ hahoo la ƒe ame dahewo ko.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eɖe aboyo Yerusalem blibo la katã, amegãwo kple aʋawɔlawo katã, wole ame akpe ewo, hekpe ɖe aɖaŋudɔwɔlawo kple nutulawo ŋu. Megblẽ ame aɖeke ɖe dua me o, negbe ame siwo da ahe ŋutɔŋutɔ la ko.