2 Kings 24:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ekplɔ asrafo nyuitɔ akpe adre (7,000) kpe ɖe aɖaŋudɔwɔla kple nutala akpe ɖeka ŋu. Ame siawo katã nye ame sesẽ siwo ate ŋu awɔ aʋa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ŋutsu aʋawɔlawo katã le ame akpe adre, eye atikpalawo kple nutulawo le ame akpe ɖeka; wo katã nye aʋawɔla veviwo, eye Babel-fia ɖe aboyo wo yi Babel.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ekplɔ aʋawɔla akpe adrẽ, aɖaŋudɔwɔla kple nutula akpe ɖeka, siwo nye ame sesẽwo ate ŋu awɔ aʋa la yi Babilonia.