2 Kings 3:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Yuda fia, Yehosafat biae be, “Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖeke mele mía dome oa? Ne eli la, ekema míate ŋu ana wòagblɔ nu si míawɔ la na mí.” Israel fiaŋumewo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Elisa, Safat ƒe viŋutsu le afi sia, Eliya ƒe kpeɖeŋutɔe wònye!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yosafat gblɔ bena: Ɖe Yehowa ƒe nyagblɔɖilaa ɖeke mele afisia, ne míabia gbe Yehowa ase oa? Tete Israel-fia ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka ɖo ŋu gblɔ bena: Elisa, Safat vi, amesi de tsi asi na Eliya la, le afi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fia Yosafat bia be: “Ðe Mawu ƒe gbeƒãɖela aɖeke mele afii, ne míabia gbe Aƒetɔ ase oa?” Fia Yoram ƒe aʋakplɔlawo dometɔ ɖeka ɖo eŋu be: “Elisa, Safat vi le afii. Eyae nye ame si doa tsi asi na Eliya.”