2 Kings 3:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Elisa gblɔ na Israel fia Yehoram be, “Nyemedi wò nya aɖeke be mase o; yi fofowò kple dawò ƒe nyagblɔɖilawo gbɔ!” Fia Yehoram ɖo eŋu be, “Ao, elabena Yehowae yɔ mí va afi sia be Moab fia natsrɔ̃ mí!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Elisa gblɔ na Israel-fia bena: Nya ka le mía kpli wò dome? Yi fofowò ƒe nyagblɔɖilawo kple dawo ƒe nyagblɔɖilawo gbɔ! Israel-fia ɖo ŋu bena: Kpao, elabena Yehowa yɔ fia etɔ̃ siawo, be wòatsɔ wo ade asi na Moabitɔwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elisa gblɔ na Israel-fia be: “Nya ka le nye kpli wò dome? Heyi gbeƒãɖela siwo tɔ́wò kple nɔwò biaa gbee la gbɔ.” Israel-fia ɖo eŋu be: “Kpao, Aƒetɔ ɖe wòyɔ mí fia etɔ̃ siawo ƒo ƒui be yeatsɔ ade asi na Moab-fia.”