2 Kings 3:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume ke menye abe fofoa kple dadaa ene o, elabena ewɔ nu nyui ɖeka: emu xɔ si fofoa tu na Baal la ƒu anyi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ewɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, ke mede fofoa kple dadaa nu o, eye wòɖe Baal ƒe legba, si fofoa wɔ la ɖa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ewɔ vɔ̃ le Aƒetɔ ŋkume; ɖeko eya tɔ mede tɔ́a kple nɔa tɔ nu o. Eɖe Baal ƒe legba si tɔ́a wɔ la ɖa.