2 Kings 3:25 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wogbã duwo, lɔ kpe kɔ ɖe anyigba nyui ɖe sia ɖe dzi, xe tsidzɔƒewo eye wolã kutsetsetiwo ƒu anyi. Mlɔeba la, Kir Hareset mɔ koe susɔ, ke akafodalawo ɖe to ɖe eya hã eye woxɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wogbã duwo, eye wo dome amesiame fɔ kpewo ƒu gbe ɖe agble nyuiwo katã me taŋtaŋ, woxe tsidzɔƒewo katã, eye wolã ali nyuiwo katã, negbe Xareset ƒe glimekpewo koe kpɔtɔ. Tete akafodalawo ɖe to ɖee, eye woda wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wogbã woƒe duwo. Wo dometɔ ɖe sia ɖe fɔ kpe da ɖe woƒe agbledeƒewo katã ale be kpe yɔ wo dzi taŋtaŋ. Woxe tsidzɔƒewo katã hã eye wotso kutsetsetiwo keŋ ƒu anyi. Mlɔeba la, Kir Xeres-dua ƒe kpegliwo koe susɔ ɖi, eye akafodalawo ɖe to ɖee le kpe dam ɖe eme.