2 Kings 3:27 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la Moab fia lé Via ŋutsu tsitsitɔ si aɖu fia ɖe eteƒe la, wui eye wòtsɔe sa numevɔe ɖe gli la dzi. Nuwɔna sia na Moabtɔwo ƒe mo nyra ɖe Israelviwo ŋuti, ale Israel ƒe aʋawɔlawo trɔ dzo yi woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete wòlé eya ŋutɔ ƒe ŋgɔgbeviŋutsu, si le fia du ge ɖe eyome la, sa vɔe le glia dzi. Tete dɔmedzoe gãa ɖe va Israel dzi, eye wodzo le egbɔ hetrɔ yi woƒe anyigba dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale wòlé eya ŋutɔ via ŋutsu ŋgɔgbea si aɖu fia ɖe eyome la sa vɔe le duglia dzi. Nuwɔna sia he dɔmedzoe gã aɖe va Israelviwo dzi ale gbegbe be wogbugbɔ ɖe megbe le dua ŋu, eye wotrɔ yi aƒe.