2 Kings 3:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eɖo du ɖe Yuda fia Yehosafat be, “Moab fia dze aglã ɖe ŋunye; àte ŋu akpe ɖe ŋunye mawɔ aʋa kpliia?” Yehosafat ɖo eŋu be, “Makpe ɖe ŋuwò. Nye amewo kple nye sɔwo le asiwò me.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòyi ɖada ame ɖo ɖe Yuda-fia Yosafat, be wòagblɔ nɛ be: Moab-fia dze aglã ɖe ŋunye; àho aʋa kplim ɖe Moab ŋua? Eɖo ŋu bena: Mayi kpli wò, mele abe wò ene, nye dukɔ le abe wò dukɔ ene, eye nye sɔwo le abe wò sɔwo ene!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eyi ɖadɔ ame ɖo ɖe Yuda-fia Yosafat be: “Moab-fia dze aglã ɖe ŋunye; àho aʋa ɖe eŋu kplima?” Fia Yosafat ɖo eŋu be: “Míayi! Nye kpli wòe. Nye dukɔ kple wò dukɔe; nye sɔwo kple wò sɔwoe!”