2 Kings 4:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, nyɔnu aɖe si tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo srɔ̃wo dome la va fa avi na Elisa be, “Wò dɔla, srɔ̃nye ku eye wò ŋutɔ ènya ale si wòvɔ̃a Yehowae. Ke azɔ la, ame si si wònyi fe le la va be yeakplɔ vinye ŋutsuvi eveawo woazu yeƒe kluviwo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nyɔnua ɖe tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo ƒe srɔ̃wo dome va gblɔ na Elisa bena: Srɔ̃nye, wo dɔla ku, eye ènyae bena, wò dɔla vɔ̃a Yehowa. Azɔ fetɔ va, be yealé vinyewo kple eve awɔ kluviwoe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe nusrɔ̃la ɖeka srɔ̃ va fa konyi na Elisa be: “Srɔ̃nye, wò dɔla ku! Abe ale si nènya ene la, evɔ̃a Aƒetɔ. Azɔ eƒe fetɔ va be yealé vinye ŋutsuvi eveawo awɔ kluviwoe.”