2 Kings 4:27 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wòɖo Mawu ƒe ame la gbɔ le toa dzi la, edze klo lé eƒe afɔ. Gehazi va be yeatutui ɖa gake Mawu ƒe ame la gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le eŋu! Ele xaxa gã aɖe me gake Yehowa ɣlae ɖem eye megblɔ nu si tae la nam o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòyi Mawu ƒe ame la gbɔ le toa dzi helé eƒe afɔwo. Tete Gexazi va, be yeafee da; ke Mawu ƒe ame la gblɔ bena: Ɖe, asi le eŋu, elabena eƒe dzi le nu xam, gake Yehowa ɣlae ɖem, eye meɖee fiãm o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke esi nyɔnua va Mawu ƒe ame la gbɔ le toa dzi la, elé eƒe afɔwo. Gexazi lũ ɖe edzi be yeatutui ɖa; ke Mawu ƒe ame la gblɔ be: “Ðe asi le eŋu elabe ele nu xam vevie, gake Aƒetɔ ɣlae ɖem, meɖee fiam o.”