2 Kings 4:29 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Elisa gblɔ na Gehazi be, “Bla wò ali dzi, tsɔ nye atikplɔ ɖe asi eye nàƒu du. Ne èdo go ame aɖe la, mègado gbe nɛ o eye ne ame aɖe do gbe na wò la, mègalɔ̃ o. Tsɔ nye atikplɔ la da ɖe ɖevi la ƒe mo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete wògblɔ na Gexazi bena: Bla wò ali dzi, eye natsɔ nye atikplɔ ɖe asi ayi. Ne èdo go amea ɖe la, megado gbe nɛ o, eye ne amea ɖe do gbe na wò la, megalɔ̃ nɛ o, eye natsɔ nye atikplɔ la ada ɖe ŋutsuvi la ƒe mo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Elisa gblɔ na Gexazi be: “Dzra ɖo kaba nàdze mɔ. Tsɔ nye atizɔti nàyi. Ne èdo go ame aɖe la, mègado gbe nɛ o, eye ne ame aɖe do gbe na wò hã la, mègalɔ̃ o. Yi ɖatsɔ atizɔtia da ɖe ŋutsuvia ƒe mo.”