2 Kings 4:31 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gehazi do ŋgɔ na wo ɖatsɔ atikplɔ la da ɖe ɖevi la ƒe mo, ke nya aɖeke medzɔ o. Agbe ƒe dzesi aɖeke menɔ ɖevi la me o. Ale Gehazi trɔ ɖatu Elisa eye wògblɔ nɛ be, “Ɖevi la menyɔ o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Gexazi dze wo ŋgɔ va tsɔ atikplɔ la da ɖe ŋutsuvi la ƒe mo, gake gbea ɖeke meɖi o, eye mese naneke o. Tete wògbugbɔ va kpee hetoe nɛ gblɔ bena: Ŋutsuvi la menyɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gexazi do ŋgɔ na wo va tsɔ atizɔti la da ɖe ɖevia ƒe mo, gake mese gbeɖiɖi aɖeke alo kpɔ agbe ƒe dzesi aɖeke o. Ke egbugbɔ yi ɖado go Elisa heto nɛ be: “Ŋutsuvia menyɔ o.”