2 Kings 4:42 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gbe ɖeka la, ame aɖe si tso Baal Salisa la va na bli mumu kotoku ɖeka kple abolo blaeve siwo wowɔ kple lu yeye tso eƒe nuŋeŋe gbãtɔ me Mawu ƒe ame la. Elisa gblɔ na Gehazi be wòatsɔ wo ana nusrɔ̃lawo woaɖu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ŋutsua ɖe tso Baal-Salisa tsɔ lubolo blave, siwo nye nuku gbãtɔwo ƒe abolo kple bli tɔtɔe ɖe kotoku me ve na Mawu ƒe ame la; ke eya gblɔ be, wòatsɔe na ameawo, ne woaɖu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋutsu aɖe tso Baal-Salisa va Elisa gbɔ kple lu yeye bolo bla eve kpakple bli yeye ɖe kotoku me. Elisa be: “Tsɔe na ameawo ne woaɖu.”