2 Kings 4:43 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gehazi bia be, “Nuɖuɖu sue sia ade na ame alafa ɖeka siawoa?” Ke Elisa gblɔ be, “Tsɔe na wo ko elabena Yehowa gblɔ be nuɖuɖu la asu ame sia ame eye ɖe gɔ̃ hã agatsi anyi!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eƒe dɔla ɖo ŋu be: Aleke matsɔ nusia aɖo ame alafa kɔ me? Egblɔ bena: Tsɔe na ameawo, ne woaɖu, elabena ale Yehowa gblɔ esi: Woaɖu nu wòakpɔtɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke eƒe dɔlaa bia be: “Ale ke matsɔ nu sia aɖo ame alafa ɖeka kɔmee?” Elisa ɖo eŋu be: “Mebe tsɔe na ameawo ne woaɖu elabe Aƒetɔ be: ‘Woaɖui, wòatsi anyi.’ ”