2 Kings 4:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gbe ɖeka la, Elisa yi Sunem eye nyɔnu kesinɔtɔ aɖe nɔ afi ma ame si ƒoe ɖe enu be wòatsi ye gbɔ aɖu nu. Ale ne egava to mɔ ma yina la, etɔna ɖe afi ma be yeaɖu nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eva me gbe ɖeka be, Elisa yi Sunem, eye nyɔnu hotɔa ɖe le afima, amesi ƒoe ɖe enu be, wòaɖu nu kplii. Eye ne eva yina godoo la, edzea afima heɖua nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbe ɖeka la, Elisa va to Sunem yina. Nyɔnu kesinɔtɔ aɖe si le afi ma la kpee be wòava ɖu nu le ye gbɔ. Ale tso ɣe ma ɣi dzi la, ne eva yina la, etoa nyɔnua gbɔ ɖua nu godoo.