2 Kings 5:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la Naaman nye Aram fia ƒe aʋakplɔla. Ede ŋgɔ eye bubu nɔ eŋu le eƒe aƒetɔ gbɔ elabena eya dzie Yehowa to ɖu dzi geɖe na Aram. Enye asrafo kalẽtɔ gã aɖe gake enɔ kpodɔ lém.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Naeman enye Aram-fia ƒe aʋafia, exɔ ŋkɔ le eƒe aƒetɔ gbɔ, eye bubu le eŋu, elabena eya dzi Yehowa to na dziɖuɖu Aram; enye kalẽtɔ, gake edze anyi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Naeman nye Siria-fia ƒe aʋakplɔla. Enye fiaa ƒe ame vevi, eye wòbunɛ ŋutɔ elabe eya dzie Aƒetɔ to na Siria-ʋakɔwo ɖu dzi. Enye asrafo kalẽtɔ, gake ŋutigbalẽdɔ aɖe le eŋu.