2 Kings 5:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tete Naaman kple eƒe dɔlawo katã trɔ yi ɖe Mawu ƒe ame la gbɔ ɖatsi tsitre ɖe eŋkume hegblɔ nɛ be, “Azɔ la menyae be Mawu aɖeke mele xexea katã me o negbe le Israel ko, eya ta meɖe kuku, xɔ nunana siawo le wò dɔla si.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete eya kple eƒe ameha blibo la wogbugbɔ va Mawu ƒe ame la gbɔ, eye wòva egbɔ gblɔ bena: Kpɔ ɖa, azɔ medze sii bena, mawu ɖeke mele anyigba blibo la dzi o, negbe le Israel ko. Eyata xɔ nunanaa ɖe tso wò dɔla si!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete eya kple ame siwo katã le eŋu la gbugbɔ yi Mawu ƒe ame la gbɔ, eye wògblɔ nɛ be: “Medze sii azɔ be Mawu aɖeke mele xexeme ƒe afi aɖeke o; negbe le Israel ko. Azɔ taflatsɛ, nunana aɖe nye esi tso wò dɔla gbɔ.”