2 Kings 5:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Adzoha aɖewo tso Aram va da adzo le Israelnyigba dzi eye nyɔnuvi sue aɖe le ame siwo wolé la dome. Nyɔnuvi sia zu Naaman srɔ̃ ƒe subɔla.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Aramtɔwo ƒe adzohawo ho, eye woɖe aboyo nyɔnuvi suea ɖe tso Israel-nyigba dzi, eye wònɔ Naeman srɔ̃ gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Siriatɔwo yi adzogbe le Israel-nyigba dzi la, woɖe aboyo nyɔnuvi sue aɖe si va le Naeman srɔ̃ subɔm.