2 Kings 5:22 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gehazi ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, nu sia nu le nyuie gake nye aƒetɔe dɔm be magblɔ na wò be, ‘Ɖekakpui eve tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo dome, tso Efraim to dzi va ɖo gbɔnye fifi laa eya ta, meɖe kuku, tsɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene kple awudodo ha eve na wo.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eɖo ŋu bena: Wodɔ! Nye aƒetɔe ɖom ɖa be, magblɔ be: Kpɔ ɖa, fifi laa ɖekakpui eve tso Efrayim-to dzi le nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo dome va dze gbɔnye; taflatse, tso klosalo talento ɖeka kple atsyɔ̃ɖowu eve na wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eɖo eŋu be: “Eme fa; ke nye aƒetɔ dɔm ɖa be magblɔ na wò be: ‘Kpɔ ɖa, ɖekakpui eve siwo nye gbeƒãɖelawo ƒe nusrɔ̃lawo la tso Efrayim-tonyigba dzi, va dzem fifi laa. Meɖe kuku, na klosaloga akpe etɔ̃ kple atsyɔ̃ɖowu, dodo eve wo.”