2 Kings 5:23 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Naaman ɖo eŋu nɛ be, ele vevie eya ta xɔ klosaloga kilogram blaade-vɔ-enyi. Eƒoe ɖe Gehazi nu be wòaxɔe. Tete wòbla klosaloga la ɖe kotoku eve me nɛ eye wòtsɔ awudodo ha eve kpe ɖe eŋuti nɛ. Etsɔ wo de eƒe dɔla eve si eye wotsɔ wo dze Gehazi ŋgɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Naeman ɖo ŋu be: Ne enyo ŋuwò la, xa talento eve. Eye wòƒoe ɖe enu, eye wòbia klosalo talento eve ɖe kotoku eve me hekpe ɖe atsyɔ̃ɖowu eve ŋu, eye wòtsɔ wo de eƒe ɖekakpui eve si wotsɔ dze eŋgɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Naeman ɖo eŋu be: “Taflatsɛ, xɔ akpe ade dzro!” Eƒoe ɖe enu, eye wòbla klosaloga la ɖe kotoku eve me hetsɔ atsyɔ̃ɖowu, dodo eve kpe ɖe eŋu nɛ. Naeman tsɔ nuawo na eƒe dɔla eve wotsɔ dze Gexazi ŋgɔe.