2 Kings 5:26 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Elisa biae be, “Mènya be menɔ afi ma le gbɔgbɔ me hafi Naaman ɖi le eƒe tasiaɖam me hekpe wò oa? Ɣeyiɣi sia mee woaxɔ ga, awu, amitigblewo, waingblewo, alẽwo, nyitsuwo kple subɔlawoa?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ nɛ bena: Nye dzi de kpli wò tso, esime ŋutsua ɖe tre heɖi go le eƒe tasiaɖam me va kpe wò. Alo klosalo kple awuwo, amitiwo kple weingblewo, alẽwo kple nyiwo, dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo xɔɣienye esia?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Elisa gblɔ nɛ be: “Ðe nye gbɔgbɔ meyi kpli wò, esime ŋutsua trɔ heɖi le eƒe tasiaɖam me va kpe wò oa? Klosalo kple awu xɔɣi nye esia? Amitiwo kple waingble xɔɣie nye esia? Alẽ kple nyihawo xɔɣie nye esia? Kluvi kple kosiwo xɔɣie nye esia?