2 Kings 6:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Israel fia la dɔ amewo ɖa be woayi aɖakpɔ teƒe si Mawu ƒe ame la fia. Elisa xlɔ̃ nu Israel fia enuenu tso nu siawo ƒomevi ŋuti ale wònɔa ŋudzɔ ɖe teƒe mawo ŋuti.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Israel-fia ɖɔ ame ɖe teƒe, si Mawu ƒe ame la fiae hexlɔ̃ nui le eŋu la, eye wòkpɔ eɖokui dzi nyuie le afima ŋu; menye zi ɖeka o, eye menye zi eve o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Israel-fia dɔ ame ɖe eƒe aʋakplɔla si le teƒe si Mawu ƒe ame la fiae la, eye wòɖo afɔ afɔ ta nɛ ale wòkpɔ eɖokui dzi nyuie. Menye zi ɖeka, menye zi eve o.