2 Kings 6:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi nyagblɔɖila la ƒe subɔla fɔ ŋdi kanya eye wòdo ɖe xexe ko la, ekpɔ aʋawɔlawo, tasiaɖamwo kple sɔwo le afi sia afi. Edo ɣli bia Elisa be, “Aléle! Nye aƒetɔ, nu ka míawɔ fifia?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Mawu ƒe ame la ƒe dɔla fɔ ŋdi kanya, eye wòdo go la, kpɔ ɖa, aʋakɔa ɖe kple sɔwo kpakple tasiaɖamwo de to de dua. Eye eƒe ɖekakpui la gblɔ bena: Oo, nye aƒetɔ, nuka wo ge míala?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Mawu ƒe ame la ƒe dɔla fɔ ŋdi kanya, eye wòdo ɖe xexe la, kpɔ ɖa, aʋakɔ kple sɔwo kpakple tasiaɖamwo ƒo xlã dua. Dɔla la biae be: “Ao, nye aƒetɔ! Nu ka wɔ ge míala?”