2 Kings 6:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Elisa yi ɖagblɔ na wo be, “Menye du si me yim miele hafi lae nye esia o. Du bubu mee mieva ɖo! Midze yonyeme eye makplɔ mi ayi ame si dim miele la gbɔ.” Ale Elisa kplɔ Siriatɔwo ƒe aʋakɔ blibo la yi Samaria!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Elisa gblɔ na wo bena: Menye mo lae nye esia o, eye menye du lae nye esia o; mikplɔm ɖo, ne makplɔ mi yi ŋutsu, si dim miele la gbɔe. Eye wòkplɔ woyi Samaria.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Elisa gblɔ na wo be: “Menye mɔ lae nye esia o, eye menye du la hãe nye esia o. Mikplɔm ɖo, ne míayi ŋutsu si dim miele la gbɔ”, eye wòkplɔ wo yi Samaria.